Skip links
Gbedodoɖa Takpekpewo (Ewe Book) – Sylvanus Godspower
About Section

 

ŊGƆDONYA

   HIAHIÃ NA GBEDODOƉA GBALẼWO va do ŋumaɖoɖeŋutɔe le agbalẽ xexlẽ etɔ me; menye ɖe meɖoe da ɖi be maŋlɔ agbalẽ hafi o, ke boŋ enye Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe gogbagba ƒe dɔwɔwɔ aɖe le menye. Agbalẽ siawo awɔ dɔwui kpata aɖe ade ame ɖekɛ ɖekɛwo, aƒekɔwo, subɔsubɔ dɔwɔlawo, kple hamewo me. Metsɔ ŋutikɔkɔe na Aƒetɔ la le alesi wòɖe asi le ale nu xɔasi siawo ŋu na Eƒe ŋutilã (hame la).

   Edze ƒaã bena, agbalẽ siawo metso ame ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ me o, ke boŋ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ mee wòtso. Wota “HIAHIÃ NA GBEDODOƉA GBALẼWO” de agbalẽ babla ƒomevi etɔ̃ me. AGBALẼ GBÃTƆ – Gbedodoɖa Ƒe Hiahiã hena Subɔsubɔdɔ Sẽŋu Wɔwɔ. AGBALẼ EVELIA – Gbedodoɖa Takpekpewo, kple AGBALẼ ETɔ̃LIA – Nuvɔ̃ Ƒe Nugbleƒewo Le Míaƒe Gbedoɖa Gbewo Ŋu. Agbalẽ siawo afia wò bena gbedodoɖa hiã beléle kple ŋuɖɔɖɔɖo geɖe hena gbɔgbɔ me ŋusesẽ kple vevienyenye si le ɣeyiɣi geɖe ŋuti dɔwɔwɔ me le Mawu ƒe ŋkume.           

   AGBALẼ GBÃTƆ ƒo nu ku ɖe gbedodoɖa dɔ si le subɔsubɔdɔ vovovoawo si, le kadodo me kple woƒe wɔƒewo. AGBALẼ EVELIA klo nu le gbedodoɖa takpekpe vovovo siwo míate ŋu akpɔ le Biblia me la dzi. Egana mawunya kpukpui wɔdɔɖeamedzi siwo ɖo kpe gbedodoɖa takpekpewo ƒe hiahiã kple woƒe vevienyenye la dzi. AGBALẼ ETɔ̃LIA ɖe nu me ku ɖe nuvɔ̃ ƒe nugblẽƒe le míaƒe gbedoɖa gbe kple míaƒe gbedodoɖawo siaã ŋu. Míede dzi ƒo na wò be wò asi nasu agbalẽ etɔ̃ siawo dzi.

   Togbɔ be, woɖe nyateƒe geɖewo ɖe go na mí le agbalẽ etɔ̃ siawo me hã la, ele na mí be míatsɔ gbedodoɖa geɖe axlẽ woe. Ne míexle agbalẽ wɔdɔɖeamedzi vevi siawo la, míaƒe ŋkuwo dzi akɔ bena míase ŋusẽ si le ɣeyiɣi geɖe ŋutidɔwɔwɔ le ɣaɣla me gbedodoɖa gɔme.  

    Ɖo ŋu nyateƒenya vavã siawo esi nele agbalẽ siawo xlẽm: mede dzi ƒo na wò be naɖu vivi le gbɔgbɔ me kesinɔnu siwo woɖe ɖe go le agbalẽ siawo me la me wu be nanɔ ɖeklemi ɖem le gbe ŋɔŋlɔ̃ ƒe ŋuti sewo ŋu.

Join the conversation
0% Complete
Home
Account
Read Online
Cart
Donate