Skip links
Gbedodoɖa Takpekpewo (Ewe Book) – Sylvanus Godspower
About Section

ŊGƆDONYA NA EƲEGBE GƆMEƉEƉE LA

   Wota agbalẽ sia gbã le Eŋlisigbe me le Dasiamime, 2020 lia me. Le etata vɔ megbe la, mí ame aɖewo siwo xleẽ la kpɔ hiahiã vevie be woaɖe egɔme ɖe Eʋegbe me bena wòaɖe vi na mía nɔvi siwo mɔnukpɔkpɔ mesu wo si bena woaxlẽ Eŋlisigbe me tɔ o la hã. To mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve me la, edze edzi nyuie be míeta Eʋegbe tɔ la. Akpedada katã na Mawu.           

   Zi alesi míekpɔtɔ le ŋutilã me la, míaƒe agbagbadzedzewo katã mewɔa nane ke o, gake ne Aƒetɔ la le eme la, dziɖuɖu vana. Nu siwo katã míate ŋu agblɔ abe amegbetɔwo ene la enye be mía Aƒetɔ Yesu Kristo dze be wòaxɔ ŋutikɔkɔe le gɔmeɖeɖe detoawo ta, eye abe amewo ene la, woaxa míawo ɖe gɔmeɖeɖe mademade aɖe ta. Míekpɔ mɔ be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nana gɔmesese blibo agbalẽ sia xlẽlawo eye wòayi edzi awɔ dɔwui kpata ade ame ɖekɛ ɖekɛwo, aƒekɔwo, subɔsubɔ dɔwɔlawo, kple hamewo me hena gbedodoɖa. Mía Aƒetɔ la ŋutɔ nayra gbogboo ɖe abolo atɔ̃ kple lã eve siawo dzi bena wòanyi luʋu dɔwui akpe akpewo. AMEN!

   Gbegɔmeɖelawo

   (Aƒetɔ Emmanuel K. Vondee, Aƒetɔ Samuel Ganu).

 

Join the conversation
0% Complete
Home
Account
Read Online
Cart
Donate