Skip links
Gbedodoɖa Takpekpewo (Ewe Book) – Sylvanus Godspower
About Section

KPƆKPLƆYIƉEME

   Gbedodoɖa takpekpewo nye xɔsetɔwo ƒe ƒuƒoƒo taɖodzinutɔe be woadi Aƒetɔ la le gbedodoɖa me. Ƒo asa na ame ɖekaɖeka gbedodoɖawo hã la, hiahiã li na habɔbɔ gbedodoɖawo. Le Mateo 26:41 me, Yesu gblɔe be, míanɔ ŋudzɔ eye míado gbe ɖa ne míagage ɖe tetekpɔ me o. Yesu de se na xɔsetɔ ɖe siaa ɖe be wòanɔ te sesĩe le gbedodoɖa ƒe subɔsubɔdɔ me. Gbedodoɖa enye míaƒe dɔdeasi abe xɔsetɔwo ene. Esia ta ame kɔkɔewo nasrɔ be woado gbe ɖa ɖekaɖeka ɣesiaɣi kple le afi siaa afi. Le Mateo 18:19-20 hã me la, Yesu gblɔe be, “Megale egblɔm na mi hã bena: ne mia dome ame eve woawɔ ɖeka le anyigba dzi le nu siaa nu me eye woaɖe kuku la,ava ve me na wo tso fofonye, si le dziƒowo la gbɔ. Elabena afisi ame eve alo ame etɔ̃ woakpe ta ɖo le nye ŋkɔa dzi la, afima mele wo titina.”

   Mía Aƒetɔ Yesu ye toto xɔsetɔwo ƒe gbedodoɖa takpekpewo vɛ. Míehiã be míakpe ta taɖodzinutɔe be míado gbe ɖa eye míaɖu vivi le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve ɖeka la me. Biblia fia kpɔɖeŋu le nudzɔdzɔ geɖewo me le Mawu ƒe amewo ƒe gbedodoɖa takpekpewo dzi le esi Mawu kɔ Eƒe amenuveve ɖe wo dzi le takpekpe mawo me. Ele eteƒe be ame ɖeka ƒe gbedodoɖa mate ŋu aɖe amenuveveɖoƒe aɖewo ɖe go abe alesi ƒuƒoƒo gbedodoɖa ɖenɛ ɖe go ene o. Nyemele gbɔgblɔm be, Aƒetɔ la mesena ame ɖekaɖeka ƒe gbedodoɖawo o, eye nyemeda ame ɖekaɖeka ƒe gbedodoɖawo ɖe anyi o.

   Abe alesi megblɔ do ŋgɔ ene la, mía Aƒetɔ Yesu ye toto gbedodoɖa takpekpewo vɛ. Ne míexlē Biblia tsitotsito la, míake ɖe xɔsetɔwo ƒe gbedodoɖa takpekpe vovovoawo ŋu. Esiawo nye: Hamea ƒe Gbedodoɖa Takpekpewo, Aƒekɔwo ƒe Gbedodoɖa Takpekpewo, Gbedodoɖa Hatsotsoe Takpekpewo, kple Dɔwɔhatiwo te Gbedodoɖa Takpekpewo. 

   Mina míade ŋugble le gbedodoɖa takpekpeawo ŋuti ɖekaɖeka le ta ɖesiaɖe me.

Join the conversation
0% Complete
Home
Account
Read Online
Cart
Donate